John 11

Lazaro ƒe ku

1Azɔ eva me be ŋutsu aɖe si woyɔna be Lazaro la dze dɔ, ame sia tso Betania, Maria kple Marta ƒe du me. 2Maria si nɔvi, Lazaro, le dɔ lém lae nye Maria si kɔ amiveve ɖe Yesu ƒe afɔwo ta eye wotutui kple eƒe taɖa. 3Eya ta nɔvinyɔnu siawo dɔ ame ɖo ɖa Yesu gblɔ be, “Aƒetɔ, ame si nèlɔ̃ vevie la le dɔ lém.”

4Esi Yesu se gbedeasi sia la, egblɔ be, “Dɔléle sia menye kudɔe o ke boŋ to eme la woakafu Mawu eye woakɔ Mawu Vi alo Mesia la ŋuti.”

5Yesu lɔ̃ Marta kple nɔvianyɔnu Maria kpakple Lazaro. 6Gake esi wòse be Lazaro le dɔ lém la, eganɔ afi si wòle la ŋkeke eve hafi wòdze mɔ. 7Azɔ eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Mina mígayi Yudea.”

8Nusrɔ̃lawo melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o. Wogblɔ nɛ bena, “Nufiala, nyitsɔ laa koe Yudatɔwo di be yewoawu wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma?”

9Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli nɔa anyi gaƒoƒo wuieve le ŋkeke ɖeka me eye le ɣeyiɣi siawo me la ame ate ŋu azɔ numaklimaklii elabena kekeli li be wòakpɔ nu. 10Ke ne ame aɖe zɔ le zã me la, akli nu elabena viviti do.” 11Yesu yi edzi be, “Mia xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm eya ta meyina be maɖanyɔe.”

12Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be, Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la ekema eƒe lãme le sesẽ ge. 13Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe ku ŋuti, ke nusrɔ̃lawo ya bu be alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ gblɔm wòle.

14Yesu ʋu eme na nusrɔ̃lawo be, “Lazaro ku. 15Eye le miawo ta la, edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemenɔ afi ma o. Elabena to esia me la mana mɔnukpɔkpɔ mi ake be miaxɔ dzinye ase. Mitso kpla ne míayi egbɔ.”

16Toma, si wogayɔna hã be, “Venɔvi” la gblɔ na nɔvia nusrɔ̃la mamlɛawo be, “Mina míayi ale be míawo hã míaku kplii.”

Yesu nye tsitretsitsi la kple agbe la

17Esi wova ɖo Betania la wogblɔ na wo bena Lazaro ku eye woɖii ŋkeke ene sɔŋ va yi xoxo. 18Betania anɔ abe kilometa eve kple afã ene tso Yerusalem gbɔ, 19eya ta Yudatɔwo ƒe dumemegã geɖewo va kua teƒe be yewoado baba na Marta kple Maria. 20Esi Marta see bena Yesu gbɔna la, etso kpla do go yi ɖakpee le mɔa dzi. Ke Maria ya meyi o.

21Marta gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, nenye ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinyea meku o. 22Ke menyae be nu sia nu si nèbia Mawu la ana wò.”

23Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔviwò la atsi tre.” 24Marta lɔ̃ ɖe edzi eye wògblɔ be, “Ẽ, menya be nɔvinyea atsi tre le nuwuwuŋkekea dzi.”

25Yesu gagblɔ nɛ be, “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la. Ame sia ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku abe ame bubuwo ene hã la, aganɔ agbe. 26Mana agbe mavɔ si nu meyina o la, ame siawo ale be womatsrɔ̃ akpɔ gbeɖe o. Èxɔ nya siawo dzi sea, Marta?”

27Marta ɖo eŋu be, “Ẽ, Aƒetɔ, mexɔe se be wòe nye Mesia, Mawu vi la, ame si míekpɔ mɔ na ʋuu.”

Yesu fa avi

28Azɔ Marta trɔ dzo va aƒeme le nɔvia Maria gbɔ eye wòyɔe dzaa le konyifalawo dome gblɔ nɛ be, “Nufiala la va ɖo eye wòdi be yeakpɔ wò.” 29Maria tso enumake yi Yesu gbɔ.

30Yesu nɔ lalam le kɔƒea godo afi si Marta va kpee le. 31Esi Yudatɔwo ƒe dumemegã siwo va be yewoafa akɔ na Maria la kpɔe wòtso kpla do go yina la, wobu be Lazaro ƒe yɔdo toe woyina be yeaɖafa avi eya ta wokplɔe ɖo.

32Ke Maria zɔ va tu Yesu eye wòdze klo ɖe eƒe afɔnu gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe nèva kaba la, anye ne nɔvinyea meku o.”

33Esi Yesu kpɔ ale si Maria nɔ avi fam nublanuitɔe eye Yudatɔwo hã nɔ efam kplii la eƒe dzi ʋuʋu eye eƒe tame ɖe fu. 34Ebia be, “Afi kae woɖii ɖo?”

Woɖo eŋu nɛ be, “Va kpɔ yɔdoa ɖa!”
35Enumake Yesu hã fa avi.

36Le esia ta la, Yudatɔwo ƒe dumemegãwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃e ɖa? Xɔlɔ̃ veviwoe wonye vavã.”

37Ke wo dometɔ aɖewo gblɔ bena, “Ame sia si te ŋu ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ, nu ka ŋuti mewɔe be ame sia megaku o ma?”

Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre

38Yesu gaʋuʋu le eɖokui me eye wòɖo yɔ do la gbɔ. Yɔdoa nye agado aɖe si nu wotsɔ kpe xee.

39Eɖe gbe na ameawo be, “Mimli kpea ɖa.” Ke Marta, ame si nɔvi ku la gblɔ na Yesu be, “Oo Aƒetɔ, amea ku ŋkeke ene sɔŋue nye esi eya ta aʋẽ akpa.”

40Yesu trɔ biae be, “Nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔ dzinye se la, Mawu awɔ nukunu gã aɖe nàkpɔ oa?”

41Womli kpe la da ɖe adzɔge. Azɔ Yesu wu mo dzi eye wògblɔ bena, “Fofo, meda akpe na wò be èɖoa tom. 42Èɖoa tom ɣesiaɣi gake mele esia gblɔm le ame siwo katã le afi sia ta, bena woaxɔe ase be wòe dɔm ɖa.” 43Le esia megbe la edo ɣli be, “Lazaro lee, do go va!”

44Enumake Lazaro fɔ tso ku me la do kple ameɖivɔ si me woblae ɖo. Yesu gblɔ na ameawo be, “Mitu avɔawo le eŋu ne wòadzo.”

Woɖo nugbe be woawu Yesu

(Mateo 26:1-5; Marko 14:1-2; Luka 22:1-2)

45Yudatɔwo ƒe dumemegã siwo va be yewoakpɔ Maria ɖa eye wokpɔ nukunu sia teƒe la xɔ Yesu dzi se mlɔeba. 46Ke wo dometɔ bubu aɖewo hã tso yi Farisitɔwo gbɔ eye wogblɔ nya siwo katã va dzɔ la na wo.

47Esi Osɔfogãwo kple Farisitɔwo se nya sia la, woyɔ takpekpe enumake be yewoadzro nya la me. Wobia wo nɔewo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala? 48Enye nyateƒe be ŋutsu sia wɔa nukunuwo. Ne míena mɔe alea la, dukɔ la katã ava dze eyome. Ne esia va eme la, Roma ʋakɔ la ava dze mia dzi, awu mi eye woaxɔ dziɖuɖua le mi Yudatɔwo si.”

49Wo dometɔ ɖeka si nye Kayafa, ame si nye Osɔfo gãtɔ le ƒe ma me la tsi tre gblɔ be. 50“Miekpɔe dze sii be enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔa katã natsrɔ̃ oa?”

51Abe Osɔfo gãtɔ le ƒe ma me ene la egblɔ nya ɖi be Yesu aku ɖe dukɔ la ta, ke megblɔ esia le eya ŋutɔ ɖokui si o. 52Menye ɖe Israel dukɔa ɖeɖe ko ta o ke boŋ ɖe Mawu vi siwo kaka ɖe xexeame katã la be woaƒo wo katã nu ƒu ɖekae. 53Le esia ta tso ema dzi la Yudatɔwo ƒe dumemegãwo de asi ɖoɖowɔwɔ me ɖe Yesu wuwu ŋu.

54Azɔ Yesu dzudzɔ nufiafia la dutoƒo eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Yerusalem yi dzogbekɔƒe aɖe si woyɔna be Efrayim la me.

55Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la te tu aƒe eya ta dutatɔwo katã va Yerusalem ŋkeke geɖewo do ŋgɔ be yewoawɔ ŋutikɔklɔkɔnu la hafi azã la naɖo. 56Wo dometɔ geɖe ŋutɔ di be yewoakpɔ Yesu eya ta wobia wo nɔewo edziedzi be, “Ale kee, miebu be ele azã la ɖuƒe va gea?” 57Le ɣeyiɣi sia me la, Osɔfogãwo kple Farisitɔwo ɖe gbeƒã le dutoƒo be ame sia ame si kpɔ Yesu la nena yewoanya ne yewoalée enumake.

Copyright information for EweBEE